Akpe ko mada nɛ

Поделиться
HTML-код
  • Опубликовано: 9 фев 2025
  • Hymne 465 chantée par
    ‪@lesfreresgbekou2270‬
    Mini gospel to thank GOD
    1
    I: Ne mebu nu siwo
    Nye Mawu wɔ nam ŋuti kpɔ la
    Akpe ko mada nɛ. :I
    Mada ‘kpe nɛ ɖaa, madzi ha nɛ ɖaa,
    Mada ‘kpe nɛ ɖaa, madzi ha nɛ ɖaa,
    Makafu ‘ƒe ŋkɔ ɖaa.
    2
    I: Mi nugbagbewo keŋ
    Mitsɔ akpedada na Mawu
    Zia-le si miel'a-gbe. :I
    Mitsɔ bubu nɛ; do ƒe ŋkɔ ɖe dzi,
    Mida akpe nɛ; tso mia dzi me ke
    Mikafu ‘ƒe ŋkɔ ɖaa!
    3
    I: Mada akpe na nye
    Mawu zi ale si mel’a-gbe:
    Zã kple keli gɔ̃ hã. :I
    Nu klitsuwo sɔŋ, wo me wòɖem tsoe;
    Nu si wòwɔ nam, wowu gbɔgblɔ gɔ̃,
    Makafu ‘ƒe ŋkɔ ɖaa.
    4
    I: Agbenala Mawu,
    Bubu dodoɖedzi na wò ŋkɔ.
    Akpe, wòe le dɔ dzi. :I
    Míeɖe kuku be, xɔ mía ‘kpedada;
    Lé mía ‘gbe ɖe te; míazu tɔwò ɖaa.
    Míakafu wò ŋkɔ ɖaa!

Комментарии • 20